Luke 9

Yesu dɔ nusrɔ̃la wuieveawo

(Mateo 10:5-15; Marko 6:7-13)

1Gbe ɖeka Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ameawo me eye woada gbe le dɔ ƒomevi vovovowo lélawo ŋu. 2Le esia megbe la edɔ wo ɖa be woagblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe vavanya na ame sia ame eye woayɔ dɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi.

3Ede se na wo be, “Migatsɔ atizɔti teti hã ɖe asi o. 4Ne mieɖo du aɖe me la midze aƒe ɖeka ko me. 5Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la ekema mi ʋuʋu ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti.”

6Ale nusrɔ̃lawo dze mɔ nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me, henɔ nyuanyui la kakam eye wonɔ gbe dam le dɔnɔwo hã ŋu.

Herodes kple eƒe dumegãwo dzimaɖeɖitsitsi

(Mateo 14:1-12; Marko 6:14-29)

7Esi Herodes, si nye gɔvina la se nukunu siwo wɔm Yesu nɔ la, etsi dzimaɖeɖi eye eƒe susu hã ɖe fu nɛ ŋutɔ elabena ese ame aɖewo nɔ gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe.” 8Ame bubuwo hã nɔ gbɔgblɔm be, “Eliya alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae fɔ tso ame kukuwo dome.” Nya siawo ƒomevi nɔ ɖiɖim le anyigba blibo la me.

9Le esia ta Herodes gblɔ na eɖokui be; “Nye ŋutɔe tso ta le Yohanes nu, ke ame kae nye sia esi ŋu mele nya wɔ nuku siawo sem tsoe?” Ale wòdi vevie be yeakpɔ Yesu.

Yesu nyi ame akpe atɔ̃

(Mateo 14:13-21; Marko 6:30-44; Yohanes 6:1-14)

10Apostoloawo trɔ gbɔ va gblɔ ale si wode dɔ si gbe wòɖo wo ɖa la na Yesu. Emegbe la Yesu kplɔ wo dzoe dzaa yi Betsaida dua me. 11Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome.

12Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, “Na mɔ ameawo be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o.”

13Yesu ɖo eŋu na wò be, “Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu.” Woawo hã gagblɔ nɛ be, “Ale ke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le miawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be miayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo siawoa?” 14Wogblɔ esia elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃. Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me” 15ale ameha la nɔ anyi nenema.

16Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme. 17Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo eye le nua ɖuɖu vɔ megbe la, wofɔ kakɛ siwo susɔ la de kusi wuieve sɔŋ me.

Petro ƒe Yesu me ʋuʋu

(Mateo 16:13-19; Marko 8:27-29)

18Gbe ɖeka la, esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, eƒe nusrɔ̃lawo nɔ egbɔ eye wòbia wo be, “Ame kae amehawo gblɔna be menye?”

19Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo be wòe nye Yohanes Mawutsidenatamela la, bubuwo be Eliya, eye ɖewo hã gblɔ be blemanyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka si gbɔ agbe lae nènye.”

20Yesu bia wo be “Miawo ya ɖe ame kae miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mawu ƒe Kristo la!”

21Ke ede se na wo vevie bena womegagblɔ nya sia na ame aɖeke o.

Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi gbãtɔ

(Mateo 16:20-28; Marko 8:30—9:1)

22Eyi dzi gblɔ na wo be, “Ele be nye Mesia la makpe fu geɖe. Yudatɔwo ƒe dumegãwo, osɔfogãwo kple agbalẽfialawo agbe nu le gbɔnye. Woawum, ke magagbɔ agbe le ŋkeke etɔ̃a gbe.”

23Egblɔ na wo be, “Ame si di bena yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòaɖe asi le xexe sia me nyawo ŋu atsɔ eƒe atsitsoga gbe sia gbe eye wòanɔ ŋunye ɖaa. 24Ame si tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe tanye la; aɖee boŋ, ke ame si adi vevie be yeaɖe yeƒe agbe la abui.” 25Viɖe ka ame akpɔ ne nu siwo katã le xexe sia me la zu etɔ ke to esia me la, wòabu eya ŋutɔ ƒe agbe?

26“Ame siwo katã nye ŋutɔ kple nye nyawo le ŋu kpem na fifia la, woaɖo ŋku edzi be, ne nye amegbetɔvi la, metrɔ va le bubu gã si Fofonye anam la me, eye mawudɔla kɔkɔewo ƒo xlam la, ekema nye hã makpe ŋu le nenema me siawo ŋu.

27“Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsi tre ɖe afi sia la maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!”

Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ le to dzi

(Mateo 17:1-8; Marko 9:2-8)

28Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi woyi togbɛ aɖe dzi afi si wòɖo be yeado gbeɖa le. 29Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia. 30Ŋutsu eve, Mose kple Eliya, 31do kple ŋutikɔkɔe gã aɖe henɔ nu ƒom kple Yesu. Woƒo nu tso eƒe dzodzo si ava va eme kpuie le Yerusalem la ŋu.

32Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ. 33Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.

34Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, alilĩkpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe lé wo. 35Gbe aɖe ɖi tso alilikpo la me be, “Ame sia nye Vinye, si metia la, míɖo toe!” 36Esi gbea ɖi vɔ ko la, Yesu ɖeɖe koe susɔ ɖe teƒea kple eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃la siawo mekɔ nu le nu si teƒe wokpɔ la dzi na ame aɖeke o, hena ɣeyiɣi didi aɖe.

Yesu da gbe le ŋutsuvi aɖe si me gbɔgbɔ makɔmakɔ nɔ la ŋu

(Mateo 17:14-18; Marko 9:14-27)

37Le ŋufɔke esi woɖi tso togbɛa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe va kpe Yesu. 38Ŋutsu aɖe si nɔ wo dome la, kɔ gbe dzi gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsuvi si le afi sia la koe nye vi le asinye. 39Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesĩe. Etsɔnɛ xlãna ɖe anyi sesĩe ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia ɖea fu nɛ ɣesiaɣi kloe eye menana wòkpɔ vovo kura o. 40Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyae le eme gake womete ŋui o.” 41Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “O mi dzidzime maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi. Ɣekaɣi manɔ mia gbɔ eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwòŋutsuvi la va afi.”

42Esi ŋutsuvi gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa.

43Ame sia ame ƒe mo wɔ yaa le ale si Yesu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ fiae la ta.

Yesu gblɔ nya tso eƒe ku ŋu zi evelia

(Mateo 17:22-23; Marko 9:30-32)

Esi ameha la nɔ nu ƒom le nu wɔnuku siwo katã wɔm wònɔ ŋu la, Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ, gblɔ na wo be,

44“Miɖo to afii eye mialé nya si gblɔ ge mele na mi la ɖe tame. Wole nye Mesia la de ge asi.” 45Gake nusrɔ̃lawo mese nya si wògblɔ la gɔme o, elabena wotsyɔ nu woƒe susuwo dzi, gawu la wovɔ̃ be yewoabia egɔme ase.

Ame kae nye gãtɔ wu

(Mateo 18:1-5; Marko 9:33-37)

46Azɔ ʋiʋli aɖe va ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gã wu. 47Ke Yesu nya nya si ʋlim nusrɔ̃lawo nɔ eya ta ekɔ ɖevi sue aɖe da ɖe eƒe axadzi. 48Eye wògblɔ na wo be, “Ame si akpɔ ɖevi sue abe esia ƒomevi ene dzi la, ekema nye dzie ma wòkpɔ. Ke ame si le dzinye kpɔm la, Mawu si dɔm ɖa lae ma dzi kpɔm wòle. Ale si miekpɔa ame bubuwo dzii lae woakpɔ hafi anya miaƒe gãnyenye.”

Ame si ke metsi tre ɖe ŋuwò o la, le dziwò

(Marko 9:38-40)

49Yesu ƒe nusrɔ̃la Yohanes va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míekpɔ ame aɖe wònɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le wò ŋkɔ me ale míegbe nɛ be megawɔe o elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.”

50Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele be miawɔ nenema o, elabena ame si metsi tre ɖe mia ŋu o la le mia dzi.”

Samariatɔwo gbe Yesu xɔxɔ

51Esi Yesu ƒe ɣeyiɣi si wòle be wòatrɔ ayi dziƒo nɔ aƒe tum la, eɖo tame kplikpaa ɖo ta Yerusalem, 52eye le mɔa dzi la, edɔ amewo ɖo ɖe Samaria kɔƒe aɖe me be woaɖadi xɔ da ɖi na yeƒe vava. 53Gake kɔƒea me tɔwo gbe be yewomana xɔ amedɔdɔawo o, esi wònye Yerusalem woɖo yina ta.

54Esi wova gblɔ nyaa na Yesu la, Yakobo kple Yohanes gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, míaɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fĩa wo oa?” 55Gake Yesu trɔ ɖe wo gbɔ eye wògbe nya na wo gblɔ be, “Alo ɖe mienya gbɔgbɔ si tɔgbi tɔ mienye oa maha? Elabena Amegbetɔvi la meva be yeatsrɔ̃ amewo o, ke boŋ bena yeaɖe wo.” 56Ale wodzo yi kɔƒe bubu me.

Yesu yomedzedze ƒe xaxawo

(Mateo 8:19-22)

57Esi wonɔ mɔa dzi nɔ yiyim la, ame aɖe va tu Yesu gblɔ nɛ bena, “Medi be makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nayi.”

58Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyae be, afi si maziɔ nye ta ɖo teti hã mele asinye o. Abeiwo la do le wo si wodɔa eme, xeviwo hã atɔ le wo si wodɔa eme, gake nye ame si nye Mesia la, dɔƒe aɖeke kura mele asinye le xexeame o.” 59Egblɔ na ame bubu be, “Dze yonyeme!” Ke ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, na mayi aɖeɖi Fofonye gbã hafi.” 60Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena, “Na ame siwo nye ame kukuwo la naɖi woƒe ame kukuwo, ke wò ya yi naɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la na amewo.”

61Ame bubu aɖe si hã wòyɔ la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, madze yowòme gake na mayi aɖakla nye ƒometɔwo gbã hafi mava.” 62Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si ɖea eƒe susu ɖa le dɔ si meɖo nɛ ŋu la, medze na mawufiaɖuƒe la me yiyi o.”

Copyright information for EweBEE